Nyatakakadzraɖoƒe sia sɔ ɖe (https://www.jw.org/en/privacy-policy/) ƒe [Ameŋunyatakaka Ŋuti Ðoɖo] nu. Tsɔ kpe ɖe míaƒe Ameŋunyatakaka Ŋuti Ðoɖo ŋu la, nyatakaka siwo gbɔna la yi na Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe delawo kple lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo koŋ.
Takpekpedelawo Kple Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔlawo
Ame siwo kpe agbalẽ ɖo be yewoade Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpe alo takpekpe tɔxɛwo la na wo ŋu nyatakakawo, siwo ƒe ɖewoe nye woƒe ŋkɔ, dzigbeŋkeke, adrɛs, telefon kaƒodzesi kple nyatakaka bubuwo. Ame siwo di be yewoade takpekpeawo lɔ̃ ɖe edzi le agbale si wokpe ɖo la me xoxo be Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le dukɔ si me woawɔ takpekpea le, kple ame siwo le amedzroxɔxɔ kɔmiti me hewɔa ɖoɖo ɖe takpekpea ŋu nyawo gbɔ la nazã nyatakaka siawo. Tsɔ kpe ɖe eŋua, takpekpedelaawo lɔ̃ ɖe edzi be woatsɔ wo ŋu nyatakakawo ana amedzrodzeƒe siwo wotia, kple dɔwɔƒe bubu siwo wɔa dɔ kple amedzrodzeƒeawo ale be woate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe woƒe dzeƒenyawo kple nu bubu siwo hiã be woate ŋu anɔ amedzrodzeƒea la ŋu. Takpekpedelawo lɔ̃ ɖe edzi be ne ehiã la, woate ŋu aɖo ye ŋu nyatakaka ɖe alɔdzedɔwɔƒe si le dukɔ si me woawɔ takpekpea le alo dɔwɔƒe si le dukɔ ma me, nenye be woƒe ameŋunyatakaka takpɔkpɔ ŋuti ɖoɖowo mesɔ kple esi le dukɔ si me wòle fifia o gɔ̃ hã.
Ame siwo di be yewoakpe asi ɖe alɔdzedɔwɔƒea ŋu woawɔ takpekpea nazã nyatakakadzraɖoƒe sia aɖo nyatakakawo abe woƒe ŋkɔ, dzigbeŋkeke, adrɛs, telefon kaƒodzesi kple nyatakaka bubuwo ene ɖa. Ne lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ɖo woƒe dɔbiagbalẽ ɖa to nyatakakadzraɖoƒe sia dzi la, efia be wolɔ̃ be Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le dukɔ si me woawɔ takpekpea le nazã wo ŋu nyatakakawo eye ame siwo le amedzroxɔxɔ kɔmitiwo me hã ate ŋu azã nyatakakaawo.
Takpekpedelawo kple lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ate ŋu akpɔ nyatakaka siwo wona ne woʋu nyatakakadzraɖoƒe sia hege ɖe eme. Amedzroxɔxɔ kɔmiti me tɔwo hã ate ŋu akpɔ ameŋunyatakaka siwo takpekpedelawo kple lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo na le nyatakakadzraɖoƒe sia ale be ne ehiã, woazãe atsɔ akpɔ ame siwo ade takpekpe le wo gbɔ la ƒe hiahiãwo gbɔ na wo eye be woate ŋu ado ka kple lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ne wohiã kpekpeɖeŋu. Mɔzɔzɔ kple eŋuti hiahiawo, kpakple ɖoɖo siwo do ƒome kple takpekpea koe woazã nyatakaka siawo na.
Woazã ameŋunyatakaka siwo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo na la hena dɔ siwo do ƒome kple takpekpea kple takpekpea ŋu nyawo ko. Takpekpedela kple lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo ade takpekpe aɖe la ŋu nyatakaka koe amedzroxɔxɔ kɔmiti siwo le dugã ma me ate ŋu akpɔ. Woazã nyatakakaawo na takpekpea ŋuti ɖoɖowo kple dɔ bubu siwo ku ɖe takpekpea ŋu, eye ne wowu takpekpea nu eye womegahiã nyatakakaawo o ko la, woaɖe wo ɖa.
Takpekpedelawo kple lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ate ŋu atiae be yewomana yewo ŋu nyatakaka o alo abia be woaɖe yewo ŋu nyatakakawo ɖa le nyatakakadzraɖoƒe sia. Ne edzɔ nenema la, ke amea magadze ade takpekpea o alo magadze anye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla o.
Àkpɔ nya bubu siwo ku ɖe ameŋunyatakaka siwo nèna la zazã, kple nyatakakaawo ɖoɖo ɖe dukɔ bubu me alo wò gomenɔamesiwo ŋu le (https://www.jw.org/en/privacy-policy/global-policy-personal-data/) ƒe akpa si nye [Global Policy on Use of Personal Data]. Àkpɔ “cookies” kple dɔwɔnu bubu siwo míezãna ŋu nyatakaka le (https://www.jw.org/en/privacy-policy/global-policy-use-of-cookies/) ƒe akpa si nye[Global Policy on Use of Cookies and Similar Technologies].